1 Timothy 6

Ɖoɖo na kluviwo

1Kluvi siwo nye kristotɔwo la nawɔ dɔ na woƒe aƒetɔwo kple ŋusẽ eye woabu wo; mègana woagblɔ tso Kristo ƒe hadɔwɔlawo ŋuti be wonye kuviatɔwo o. Mègana Mawu ƒe ŋkɔ alo eƒe nufiafia nazu alɔmeɖenu le nu sia ta o. 2Ne woƒe aƒetɔ nye kristotɔ la, esia menye mɔnukpɔkpɔ be woawɔ alɔgblɔdɔ le woƒe dɔwɔnawo ŋuti o; ke boŋ ele be woagawɔ dɔ ɖe edzi wu elabena wole kpekpeɖeŋu nam wo nɔvi kristotɔ kple woƒe ŋusẽ. Timoteo, fia nyateƒenya siawo eye nàdo ŋusẽ ame sia ame be woawɔ ɖe wo dzi.

Galɔlɔ̃

3Ame aɖewo asẽ nu agblɔ be nya siawo mele eme o, gake wonye nufiafia dzɔdzɔe si de blibo, wonye esiwo Kristo ŋutɔ fia eye wonye mawumegbenɔnɔ ƒe gɔmeɖokpe. 4Ame si agblɔ nya aɖe si ato vovo tso esia gbɔ la, ame ma nye dadala kple movitɔ. Elabena ele gɔmeɖeɖe bubu tsɔm na Kristo ƒe nyawo eye wòle nyahehe siwo awu nu le ŋuʋaʋã kple dziku me la hem vɛ. Esia ƒe metsonuwo koe anye megbeŋkɔyɔyɔ na amewo, nyatsɔtsɔ ɖe ame ŋu, kple nu vɔ̃ɖi susu ɖe ame nɔewo ŋuti. 5Nyahela siawo, esiwo ƒe susuwo nu vɔ̃ bla goŋgoŋ la, menya ale si woagblɔ nyateƒe lae o. Le woawo gbɔ la, Agbenya la gbɔgblɔ nye gakpɔmɔnu ko. Eya ta mite ɖa xaa tso wo gbɔ.

6Ke mawuvɔvɔ̃ kple ŋudzedzekpɔkpɔ nye viɖe gã, 7elabena míetsɔ naneke va xexe sia me o eye edze ƒãa be míatsɔ naneke hã adzoe o. 8Ke ne nuɖuɖu kple nudodowo le mía si la, mina woadze mia ŋu. 9Ame siwo dina be yewoazu hotsuitɔwo la, gena ɖe tetekpɔ kple mɔtetre kpakple movidzɔdzɔ kple didi vɔ̃wo me, esiwo kplɔa amewo yina ɖe gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ me. 10Nu tovo wɔwɔwo katã ƒe dzɔtsoƒee nye galɔlɔ̃, ame siwo tsi dzi ɖe gakpɔkpɔ ŋu la, trana tso xɔse la gbɔ eye wotsɔa veve geɖe ŋɔa wo ɖokuiwoe flofloflo.

Paulo ƒe ɖoɖo tɔxɛwo na Timoteo

11Ke wò, Mawu ƒe ame, si le nu siawo katã nu eye nati dzɔdzɔenyenye, mawuvɔvɔ̃, xɔse, lɔlɔ̃, tenɔnɔ kple bɔbɔenyenye yome. 12Ʋli xɔse ƒe ʋiʋli nyui la, lé agbe mavɔ si woyɔ wò na esi nèʋu emeʋuʋu nyui le ɖasefo geɖewo ƒe ŋkume la me ɖe asi sesĩe.

13Mele didim tso asiwò le Mawu si na agbe amewo katã kple Kristo Yesu si ɖi ɖase dzideƒotɔe le Pontio Pilato gbɔ la ƒe ŋku me be, 14nàwɔ nu siwo katã wògblɔ na wò be nàwɔ la, ale be tso fifia dzi va se ɖe esime míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo natrɔ ava la, ame aɖeke makpɔ kpɔtsotso le ŋutiwò o. 15Elabena ne ɣeyiɣia ɖo la, Mawu yayratɔ, fiawo dzi Fia, aƒetɔwo dzi Aƒetɔ, si koe nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la, aɖe Kristo afia tso dziƒo. 16Mawu sia ɖeka hɔ̃ koe mate ŋu aku o; keklẽ gã dziŋɔ aɖe ƒo xlãe ale gbegbe be amegbetɔ aɖeke mate ŋu ate ɖe eŋuti o. Amegbetɔ aɖeke mekpɔe kpɔ o eye makpɔe akpɔ hã o. Eya tɔ nanye bubu kple ŋusẽ kpakple dziɖuɖu tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me. Amen.

17Gblɔ na kesinɔtɔwo katã be womegada wo ɖokuiwo eye woaɖo ŋu ɖe woƒe ga si nu ava yi kpuie la ŋuti o; ke boŋ woƒe dada kple ŋuɖoɖo nanɔ Mawu gbagbe si naa nu siwo katã míehiã na míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ la mí fũu ɖeɖe ko ŋu. 18Gblɔ na wo be woawɔ woƒe ga ŋutidɔ le dɔ nyui wɔwɔ me. Ele be woazu kesinɔtɔwo le dɔ nyui wɔwɔ me eye woana nu hiãtɔwo faa kple dzidzɔ eye woanɔ klalo ɣesiaɣi be woama nu sia nu si Mawu tsɔ na wo la kple ame bubuwo. 19To esia wɔwɔ me la, woanɔ kesinɔnu vavãwo ƒom ƒu ɖe dziƒo na wo ɖokuiwo. Eya koe nye agbe mavɔ ƒe nu si wodzrana ɖo eye megblẽna o! Ekema woanɔ kristotɔ ƒe agbe si ɖea vi la, le anyigba dzi afi sia hã.

20O, Timoteo, mègado kpo nu siwo Mawu tsɔ de asiwò la wɔwɔ o. Mègahe nya manyatanu kple ame siwo dana be yewonya nu evɔ womenyae o la o. 21Ame siawo bu nu vevitɔ kekeake le agbe me: Womenya Mawu o. Amenuveve nanɔ anyi kpli wò.

Copyright information for EweBEE